Revelation of John 12

Nyɔnu la kple ʋɔ driba la

1Dzesi gã wɔnuku aɖe dze le dziƒo. Nyɔnu aɖe si ta ɣe abe avɔ ene, ɣleti le eƒe afɔ te eye wòɖɔ fiakuku si ŋu ɣletivi wuieve le la va do. 2Fu nɔ eƒo eye wònɔ ɣli dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi. 3Emegbe dzesi bubu gadze le dziƒo, ʋɔ driba, gã, dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo eye fiakuku adre le tawo nɛ la, va do. 4Eƒe asiketi kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔlĩ ŋu la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnua adzi 5Nyɔnu la dzi ŋutsuvi, ame si ava ɖu dukɔwo katã dzi kple gatikplɔ. Tete woxɔ ɖevi la le esi kaba tsɔ yi ɖe Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔe. 6Emegbe nyɔnu la si yi gbedzi ɖe teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ afi si woakpɔ eta le hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade. 7Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Mikael kple eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo hã wɔ aʋa kpli wo. 8Ke ʋɔ driba la ƒe ŋusẽ metri akɔ o ale wobu woƒe nɔƒe le dziƒo. 9Wotsɔ ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana, ame si kplɔ xexeame katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.

10Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe, ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kpakple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo; elabena wotsɔ mía nɔviawo nutsola, ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba. 11Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o. 12Eya ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo nɔ wo me! Ke babaa na anyigba kple atsiaƒu elabena Satana ɖi va mia gbɔ! Dzi le ekum vevie elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie.”

13Esi ʋɔ driba la kpɔ be wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu si dzi ŋutsuvi la yome. 14Wotsɔ hɔ̃ gã aɖe ƒe aʋala eveawo na nyɔnu la ale be wòate ŋu adzo ayi ɖe teƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ le gbedzi, afi si woakpɔ eta le hena ɣeyiɣi aɖe, ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã le afi si ʋɔ driba la mate ŋu ade o. 15Tete ʋɔ driba la tu tsi to eƒe nume esi ɖuɖu abe tɔsisi ene ne wòaɖɔ alé nyɔnu la eye tɔsisi la nakplɔe adzoe. 16Ke anyigba la kpe ɖe nyɔnu la ŋu esi wòke eƒe nu hemi tɔsisi si ʋɔ driba la tu to eƒe nume. 17Dzi ku ʋɔ driba la vevie ɖe nyɔnu la ŋu eye wòyi be yeaɖawɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi mamlɛawo, ame siwo ɖoa to Mawu kple eƒe sededewo eye wolé Yesu me ʋuʋu me ɖe asi sesĩe.

Copyright information for EweBEE